1 Peter 4

Agbenɔnɔ na Mawu

1Eya ta, esi Kristo kpe fu le eƒe ŋutilã me ta la, miawo hã mitsɔ nɔnɔme ma ke bla miaƒe aliwo dzii, elabena ame si kpe fu le eƒe ŋutilã me la, klã ɖa tso nu vɔ̃ gbɔ, 2elabena hena eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo le anyigba dzi la, menɔa agbe le ŋutilãmenudzodzrowo nu o, ke boŋ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu. 3Tsã la, miegblẽ ɣeyiɣi geɖe le nu siwo Trɔ̃subɔlawo wɔna la me, esiwo nye, ahĩawɔwɔ, nudzodzro vɔ̃wo, ahatsunonowo, nuɖuɖu vivivo, aglotutu vɔ̃wo kple Trɔ̃subɔsubɔ ŋunyɔtɔ. 4Ewɔ moya na wo be miedo ɖi ɖe ŋunyɔnu ƒe tɔɖɔɖɔ sia me kpli wo o, eya ta woli kɔ dzudzu ɖe mia dzi gleglegle. 5Ke hã la, ele na wo be woana akɔnta ame si le klalo be wòadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo. 6Susu sia tae wogblɔ nyanyui la na ame siwo ku va yi xoxo la hã, ale be, togbɔ be, le woƒe agbenɔnɔ le anyigbadzi me woto ʋɔnudɔdrɔ̃ si me amegbetɔ ɖe sia ɖe tona hã la, woate ŋu ava Mawu ƒe agbe la gbɔ le gbɔgbɔ me.

7Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eya ta minɔ mo xexi eye miɖu mia ɖokui dzi, ale be miate ŋu ado gbe ɖa. 8Ƒo nuwo katã ta la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ ƒe agbɔsɔsɔ dzi. 9Mixɔ mia nɔewo ɖe miaƒe aƒewo me liʋiliʋĩlilĩmanɔmee. 10Mia dome ame sia ame natsɔ eƒe gbɔgbɔmenunana asubɔ ame bubuwoe, eye miama Mawu ƒe amenuveve la anukwaretɔe le mɔ vovovowo nu. 11Ne ame aɖe le nu ƒom la, neƒoe abe Mawu gbɔe nyawo tso ene. Ne ame aɖe le subɔsubɔm la, newɔe kple ŋusẽ si Mawu nɛ la katã ale be le nuwo katã me la woakafu Mawu to Yesu Kristo dzi. Eya tɔe nye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me. Amen.

Fukpekpe ɖe kristotɔnyenye ta

12Nɔvi veviwo, migana fuwɔme ƒe dodokpɔ si me tom miele la nawɔ nuku na mi abe nane si medzɔ kpɔ o lae le mia dzi vam ene o. 13Ke mikpɔ dzidzɔ be mienye fukpekpe siwo me Kristo to la ƒe gomekpɔlawo, ale be miaƒe dzidzɔ nagba go ne woɖe eƒe ŋutikɔkɔe fia. 14Ne wodzu mi le Kristo ƒe ŋkɔ ta la, woayra mi, elabena ŋutikɔkɔe ƒe Gbɔgbɔ sinye Mawu ƒe Gbɔgbɔ la le mia dzi. 15Ne miekpe fu la, migakpee abe hlɔ̃dola, fiafitɔ alo nu tovo wɔla aɖe loo, alo ame si dea nu ame bubuwo ƒe nya me la ene o. 16Gake ne mia dometɔ aɖe akpe fu elabena enye kristotɔ la, ŋu megakpee o, ke boŋ neda akpe na Mawu be woyɔ ŋkɔ sia ɖe eŋu. 17Elabena ɣeyiɣi de be ʋɔnudɔdrɔ̃ nadze egɔme tso Mawu ƒe ƒomea me; ke ne edze gɔme tso mía dzi la, ekema ale ke woahanɔ na ame siwo meɖo to Mawu ƒe nyanyui la o? 18Eye “Nenye be bebli hafi dzɔdzɔetɔ akpɔ ɖeɖe la, ekema ale ke nɔge wòle na mawumavɔ̃lawo kple nu vɔ̃ wɔlawo?”

19Eya ta, ame siwo kpea fu le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu la, netsɔ wo ɖokui de asi na wo Wɔla nuteƒetɔ la eye woayi nyuiwɔwɔ dzi.

Copyright information for EweBEE